Luke 6

Nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi

(Mateo 12:1-8; Marko 2:23-28)

1Gbe ɖeka le Sabat ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewò me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum.

2Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo eye wogblɔ na Yesu be, “Nu si wɔm wò nusarɔ̃lawo le, le bli ŋem le Sabat dzi la tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu.”

3Yesu ɖo eŋu na wo be, “Míexlẽa mawunya oa? Alo miexlẽ nu tso nu si Fia David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa? 4Eyi ɖe gbedoxɔ la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la eye eya kple etɔwo mãe heɖu, togbɔ be ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu abolo sia o negbe osɔfowo ko.” 5Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye Mesia la, mekpɔ ŋusẽ ɖe Sabat ŋkekea dzi.”

Ŋustu aɖe si titi lé asi na

(Mateo 12:9-14; Marko 3:1-6)

6Le Sabat bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si titi lé asi na la le afi ma. 7Esi wònye Sabat ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

8Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Va nɔ afii bena ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsua wɔ abe ale si wògblɔ nɛ ene.

9Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Enyo be woawɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi loo alo wɔawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”

10Etsa ŋku le wo katã dzi ɖeka, ɖeka eye wògblɔ na ŋutsua be, “Azɔ dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo. 11Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le ale si woawɔ awui la ŋuti.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo eye wòfia nu wo

(Mateo 10:1-4; Marko 3:13-19)

12Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa zã blibo katã. 13Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye ye ƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo.

14Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn ame si wòna ŋkɔe be Petro, Andrea Simɔn nɔviŋutsu, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, 15Mateo, Toma, Yakobo Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla; 16Yuda, Yakobo vi kple Yuda Iskariɔt ame si de Yesu asi emegbe.

Yesu fia nu ameha gã aɖe

(Mateo 4:23-25)

17Esi woɖì tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidɔn kple Tiro ƒutaduwo me ke 18va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me. 19Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ne dɔnɔ aɖe wɔ esia ko la, ehayana enumake.

Yayrawo kple babadonamewo

(Mateo 5:1-12)

20Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo nye ame dahewo la lalalm elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. 21Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo wum dɔ le la lalam elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo le avi fam fifia la lalam elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu. 22Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe hame, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe tanye! 23Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti.

24“Ao, babaa na kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo. 25Wokpɔ lãme eye nu le wo si ŋutɔ fifia gake dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna. 26Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ, na aʋatsonyagblɔɖilawo.”

Lɔlɔ̃ na ketɔwo

(Mateo 5:38-48; 7:12)

27Azɔ mi katã misee. Milɔ̃ miaƒe futɔwo eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la. 28Mido gbe ɖa ɖe ame siwo ƒo fi de mi la ta be woakpɔ dzidzɔ, eye midi Mawu ƒe yayra na ame siwo wɔa fu mi.

29“Nenye be ame aɖe ƒo wò to ɖeka me la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Neneye be ame aɖe bia be nàtsɔ wò dziwui na ye la, tsɔ wò awutewui hã nɛ. 30Ne nu le asiwò eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o. 31Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema.

32“Ne mielɔ̃ miaƒe lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo mevɔ̃a Mawu o la hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo. 33Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema! 34Ne miedoa ga na ame siwo ko ate ŋu akpɔe axe na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo bena yewoaxɔ nenema ke emegbe.

35“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ alo atsi dzi ɖe exɔxɔ ŋu o. Ne miewɔ esia la ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Mawu viwo, elabena Eya ŋutɔ nyoa dome na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo.

36“Midze agbagba vevie be miakpɔ nublanui na amewo abe ale si mia Fofo wɔnɛ ene.

Migadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o

(Mateo 7:1-5)

37“Migadrɔ̃ ʋɔnu alo aɖe ɖeklemi ame aɖeke o, ne menye nenema o la, anɔ na miawo hã nenema. Mitsɔ ke amewo eye woatsɔ ake miawo hã eye woawo hã awɔ na mi nenema. 38Mina nu eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔe vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sã wu esi sinu miena eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”

39Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa? 40Nusrɔ̃vi mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene.

41“Ale ke wɔ newɔa alakpanu dina be yeaɖe ati fefee si le nɔviwo ƒe ŋku dzi la ɖa, evɔ atikpo gã aɖe le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 42Ale ke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefee si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi mate ŋu akpɔ gã si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla! Ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema ɖewohĩ àte ŋu akpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefee la ɖa nɛ.

Sidzedze ati kple eƒe kutsetse

(Mateo 7:17-20; 12:34-35)

43“Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 44Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae. 45Ame ɖɔʋu la, nu nyui wɔwɔ doa go tso eƒe dzi dzadzɛ me eye ame maɖɔʋu la, nu vɔ̃ koe doa go tso eƒe dzi vɔ̃ɖi la me. Elabena, nu si le ame aɖe ƒe dzi me lae doa go tsoa eƒe nu me.

Gɔmeɖoɖo ƒomevi eveawo

(Mateo 7:24-27)

46“Nu ka tae mieyɔam be Aƒetɔ esi miewɔa nye gbe dzi o? 47Mafia nu si ame sia ame si vaa gbɔ nye, sea nye nya eye wowɔa edzi la ɖi la mi. 48Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ eye tsi ɖe xɔa la mete ŋu nui o, elabena wotui nyuie.

49“Ke ame siwo sea nye nya eye womewɔna ɖe edzi o la, le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”

Copyright information for EweBEE